Luke 3

Yohanes Mawutsidetanamela ƒe mawunyagbɔgblɔ

(Mateo 3:1-12; Marko 1:1-8; Yohanes 1:19-28)

1Le Kaisaro Tibero ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃ lia me, esi Pontio Pilato nye gɔvina le Yudea eye Herodes nye dziɖula le Galilea, eye nɔvia Filipo hã nye dziɖula le Uturea kple Trakonitis, eye Lisania hã nɔ Abilene dzi ɖum 2le esime Anas kple Kayafa wonye Osɔfogãwo la, Mawu ƒe nya va Yohanes, ame si nye Zakaria vi la gbɔ le gbedzi. 3Yohanes nɔ tsatsam tso teƒe yi teƒe le Yɔdan tɔsisi la ƒe go eveawo dzi nɔ mawunya gblɔm be amewo nede tsi ta; ne wòafia bena woɖe asi le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu eye woadze Mawu yome ale be woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo.

4Le nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya nu la Yohanes enye gbe si le ɣli dom tso gbedzi be, “Miɖe mɔ na Aƒetɔ la be wòazɔ edzi! Mikeke mɔ xaxɛwo ɖe edzi hafi wòava! 5Migbã towo woazu sɔsɔeƒewo! Mixe ʋe siwo le baliwo me! Miwɔ mɔ gɔglɔ̃wo woadzɔ! Miwɔ mɔ tsakliwo zɔzrɔ̃e! 6Ekema ame sia ame akpɔ Ɖela si Mawu ɖo ɖa la.”

7Yohanes gblɔ mawunya na ame siwo vaa egbɔ be wòade mawutsi ta na yewo be, “Ame kae xlɔ̃ nu mi dawo ƒe dzidzimeviwo be miasi le Mawu ƒe dɔmedzoe si gbɔna la nu? 8Gbã la, miyi ne mia ɖee fia be yewotrɔ dzime to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o elabena Mawu ate ŋu ana viwo ado go tso kpe siwo le dzogbe le afi sia me woanye Abraham viwo. 9Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia la miaƒe kewo dzi eye wòle klalo be wòalã mi aƒu anyi. Ẽ, le nyateƒe me la ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi eye woatsɔe ade dzo me.”

10Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Nu kae nèdi tso mía si be míawɔ?”

11Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Nenye be awu eve le ame aɖe si la netsɔ ɖeka na nɔvia ame dahe. Ame si si nuɖuɖu sɔ gbɔ ɖo la, netsɔ ɖe na ame siwo wum dɔ le la.”

12Dugadzɔla siwo nye amebala vɔ̃ɖiwo la gɔ̃ hã va do ɖe egbɔ be wòade mawutsi ta ne yewo. Wobia be, “Nufiala nu ka míawɔ?”

13Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mito nyateƒe le miaƒe dugadzɔdzɔ me. Mikpɔ nyuie be miagadzɔ ga le ame aɖeke si wu ale si Roma dziɖuɖua ɖo na mi la o.”

14Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe ale kee míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o, Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!”

15Ame sia ame kloe nɔ mɔ kpɔm be Mesia la ava kpuie le ŋkeke mawo me ale be wotsi dzi vevie be yewoanya nenye be Yohanes enye amea loo alo menye eyae o? Biabia sia koe nɔ nu na ame sia ame eye wonɔ nu ƒom le eŋu le afi sia afi. 16Yohanes ɖo wo ƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, le nyateƒe me la, nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be manye eƒe subɔvi o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kpakple Gbɔgbɔ Kɔkɔe. 17Ame sia ama atsa la ɖa tso blia gbɔ, atɔ dzo atsa la kple dzomavɔ la eye wòadzra blia ɖo ɖe eƒe avawo me.” 18Yohanes xlɔ̃ nu amewo vevie kple nya siawo le esime wònɔ nyanyui la gblɔm na wo.

Wode Yohanes Mawutsidetanamela gaxɔ me

19Yohanes he nya ɖe Herodes si nye dziɖula nɔ Galilea ŋu le dutoƒe elabena exɔ nɔvia srɔ̃ Heroɖia ɖe. Hekpe ɖe nu vɔ̃ bubu geɖe siwo hã wòwɔ ŋu. 20Gawu la Herodes lé Yohanes hã de gaxɔ me.

Wode mawutsita na Yesu

(Mateo 3:13-17; Marko 1:9-11)

21Gbe ɖeka la, Yesu ŋutɔ hã va ge ɖe ame siwo Yohanes nɔ mawutsi dem ta na la dome. Yohanes de mawutsi ta nɛ, eye esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu, 22eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖiɖi ɖe edzi le akpakpa ƒe nɔnɔme me eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo bena, “Wòe nye vinye si melɔ̃na vevie ŋutɔ. Ẽ, wòe doa dzidzɔ nam.”

Yesu ƒe dzidzimegbalẽ

(Mateo 1:1-17)

23Yesu xɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene hafi dze mawunyagbɔgblɔ gɔme le dutoƒo. Amewo nya Yesu abe Yosef ƒe vi ene. Yosef fofoe nye Heli, 24Heli fofoe nye Matat, Matat fofoe nye Levi, Levi fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Yanai, Yanai fofoe nye Yosef, 25Yosef fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Amos, Amos fofoe nye Nahum, Nahum fofoe nye Esli, Esli fofoe nye Nagai, 26Nagai fofoe nye Mat, Mat fofoe nye Matatias, Matatias fofoe nye Semein, Semein fofoe nye Yosek, Yosek fofoe nye Yoda, Yoda fofoe nye Yoana. 27Yoana fofoe nye Resa, Resa fofoe nye Zerubabel, Zerubabel fofoe nye Sealtiel, Sealtiel fofoe nye Neri. 28Neri fofoe nye Melki, Melki fofoe nye Adi, Adi fofoe nye Kosam, Kosam fofoe nye Elmadam, 29Elmadam fofoe nye Er, Er fofoe nye Yosua, Yosua fofoe nye Elieza, Elieza fofoe nye Yorim, Yorim fofoe nye Matat, Matat fofoe nye Levi, 30Levi fofoe nye Simeon, Simeon fofoe nye Yuda, Yuda fofoe nye Yosef, Yosef fofoe nye Yonam, 31Yonam fofoe neye Eliakim, Eliakim fofoe nye Melea, Melea fofoe nye Mena, Mena fofoe nye Matata, Matata fofoe nye Natan, Natan fofoe nye David, 32David fofoe nye Yese, Yese fofoe nye Obed, Obed fofoe nye Boaz, Boaz fofoe nye Salmon, 33Salmon fofoe nye Naxeson, Naxeson fofoe nye Aminadab, Aminadab fofoe nye Admin, Admin fofoe nye Arni, Arni fofoe nye Hezrɔn, Hezrɔn fofoe nye Perez. Perez fofoe nye Yuda, 34Yuda fofoe nye Yakɔb, Yakɔb fofoe nye Isak, Isak fofoe nye Abraham, Abraham fofoe Tera, Tera fofoe nye Nahɔ, 35Nahɔ fofoe nye Serug, Serug fofoe nye Reu, Reu fofoe nye Peleg, Peleg fofoe nye Eber, Eber fofoe nye Sela, 36Sela fofoe nye Kainam, Kainan fofoe nye Arfaxad, Arfaxad fofoe nye Sem, Sem fofoe nye Noa, Noa fofoe nye Lamek, 37Lamek fofoe nye Metusela, Metusela fofoe nye Enɔk, Enɔk fofoe nye Yared, Yared fofoe nye Mahalalil. 38Mahalalil fofoe nye Set, Set fofoe nye Adam, Adam fofoe nye MAWU.

Copyright information for EweBEE